Luke 3:1-9

Yohanes Mawutsidetanamela ƒe mawunyagbɔgblɔ

(Mateo 3:1-12; Marko 1:1-8; Yohanes 1:19-28)

1Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃ lia me, esi Pontio Pilato nye gɔvina le Yudea eye Herodes nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Uturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum 2le esime Anas kple Kayafa wonye Osɔfogãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, ame si nye Zakaria vi la gbɔ le gbedzi. 3Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia bena woɖe asi le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu eye woadze Mawu yome ale be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.

4Le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya nu la Yohanes enye gbe si le ɣli dom tso gbedzi be, “Miɖe mɔ na Aƒetɔ la be wòazɔ edzi! Mikeke mɔ xaxɛwo ɖe edzi hafi wòava! 5Migbã towo woazu sɔsɔeƒewo! Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ! Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e! 6Ekema ame sia ame akpɔ Ɖela si Mawu ɖo ɖa la.”

7Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu? 8Gbã la, miyi ne mia ɖee fia be yewotrɔ dzime to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o elabena Mawu ate ŋu ana viwo ado go tso kpe siwo le dzogbe le afi sia me woanye Abraham viwo. 9Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia la miaƒe kewo dzi eye wòle klalo be wòalã mi aƒu anyi. Ẽ, le nyateƒe me la ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi eye woatsɔe ade dzo me.”

Copyright information for EweBEE